Mark 15:21-32

Woklã Yesu ɖe ati ŋu

(Mateo 27:32-44; Luka 23:26-43; Yohanes 19:17-27)

21Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu atsɔ eƒ atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufo fofo.

22Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata, si gɔmee nye ametakoliƒe. 23Le afi sia wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi hekpe nɛ, gake meno o. 24Eye woklãe ɖe atitsoga ŋu, ame siwo klãe la da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame naxɔ. 25Anɔ abe ŋdi ga asieke me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu.

26Woŋlɔ vɔ̃ si wòwɔ ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ̃ ɖe ʋuƒoa dzi enye “Yudatɔwo ƒe Fia.”

27Le ŋdi ma ke la woklã adzodala vɔ̃ɖi eve aɖewo hã ɖe eƒe axa evaewo dzi. 28Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be. “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.”

29Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewu ɖutɔe be, “Ehẽ! Kpɔ ale si wòva zu na wòe ɖa! Woe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agagbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la, 30ɖe ɖokuiwo hã le atitsoga la ŋue!”

31Osɔfogãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu ɖe ame bubuwo tso tetekpɔwo kple fuwo me, gake mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o!”

32Wodo ɣli yɔe le atitisoga la ŋu be, “Hei, kpɔ ɖa, wò Mesia! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui.

Copyright information for EweBEE